Hebrews 8

Nubabla yeye la ƒe Osɔfogã

1Nya siwo katã míegblɔ na mi la ƒe taƒonyae nye esi: bena Osɔfogã vavã le mía si. Azɔ la ele dziƒo eye wònɔ anyi ɖe bubuteƒe gãtɔ kekeake, 2eyae subɔna le gbedoxɔ vavãtɔ si le dziƒo la me. Gbedoxɔ sia menye esi amegbetɔ tsɔ eƒe asi tui o, ke boŋ Aƒetɔ la ŋutɔe tui.

3Esi wònye Osɔfogã ɖe sia ɖe ƒe dɔ be woasa vɔ eye wòana nuwo la, ele na Kristo hã be woana nane. 4Nenye ɖe wòle anyigba dzi la, maɖu Osɔfo o elabena Osɔfowo li xoxo, ame siwo tsɔa nunanawo nana le Yudatɔwo ƒe se la nu. 5Osɔfo siawo subɔna le Kɔkɔeƒe la, si nye esi le dziƒo la ƒe vɔvɔlĩ. Esia tae, esi Mose be yeatu Agbadɔ le gbea dzi la, Mawu xlɔ̃ nui be, “Kpɔ egbɔ be nàwɔ nu sia nu ɖe ɖoɖo si woɖe fia wò le toa dzi la nu.” 6Ke Osɔfodɔ si wode asi na Yesu la, kɔ sãa wu wo tɔ eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.

7Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbɔ̃tɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔ lii o. 8Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu eye wògblɔ bena,

“Aƒetɔ la be, ŋkekewo li gbɔna esi dzi mabla nu yeye kple Israel kpakple Yuda ƒe aƒewo.
9Manɔ abe nu si mebla kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu, kplɔ wo do goe le Egipte la ene o, elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o, eya ta nye hã metrɔ megbe de wo. Aƒetɔ lae gblɔe.
10Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la, le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe. Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu. Manye woƒe Mawu eye woawo hã woanye nye dukɔ. 11Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔviaŋutsu agblɔ be, ‘Dze si Aƒetɔ la’ o, elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi. 12Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o.”
13Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “Yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo eye nu si tsi, do xoxo la, nu ava yi kpuie.

Copyright information for EweBEE